Pular para o conteúdo
Publicidade

Relacionamentos

Por Bíblia Online

Os relacionamentos são centrais na vida cristã. A Bíblia orienta sobre amizade, casamento, família e convivência, sempre tendo o amor como fundamento de toda relação.

Amor e amizade

O amigo ama em todo tempo. A Bíblia valoriza amizades verdadeiras que edificam, fortalecem e desafiam ao crescimento mútuo.

Xɔlɔ̃ ̃a ame ɣeawo katã ɣi,

ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.

Abe ale si ga nyrea ga ene la,

nenema kee ame nyrea amee.

Ame eve ate ŋu awɔ wu ame ɖeka

ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve

elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.

Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,

ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la,

egena ɖe fukpekpe me.

Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe

gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi.

Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka

elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ ̃e la menya lãna bɔbɔe o.

Casamento e família

O casamento é aliança sagrada. O marido deve amar a esposa como Cristo amou a Igreja, e ambos devem cultivar respeito e submissão mútua.

Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,

Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si ̃a srɔ̃a la, ̃a eɖokui.

Ke la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu nade bubu srɔ̃a ŋuti.

Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela.

Ɖoɖo hena kristotɔwo ƒe aƒemegbenɔnɔ

Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi. Eye mi srɔ̃ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.

Mawu Eva

Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la ."

gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe , ale be ame aɖeke nagawɔ nu ̃ o.

Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ,

ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya,

Yehowa gbɔe wòtsona.

Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?

Exɔ asi wu adzagba.

Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò,

eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o.

Convivência saudável

Os relacionamentos florescem quando tratamos os outros como gostaríamos de ser tratados, com amor crescente e caráter maduro.

Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo , elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.

bu fofowò kple dawò; ̃ hawòvi abe ŋutɔ ɖokuiwò ene!"

eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene.

Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla ̃ nyo wu ame sia tɔgbi.

Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o

Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?

Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.

Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.

Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo

eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.

Seja o primeiro