Resistir
Resistir ao diabo e às forças do mal é um imperativo bíblico. Deus nos deu autoridade, armas espirituais e poder para enfrentar e vencer toda investida do inimigo.
Autoridade em Cristo
Jesus deu aos seus discípulos autoridade sobre todo o poder do inimigo. Em seu nome, temos domínio sobre as trevas.
Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o.
Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, "Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí."
Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu.
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi.
Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo."
A armadura de Deus
Somos chamados a revestir a armadura completa de Deus para resistir às ciladas do diabo e permanecer firmes na batalha espiritual.
Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la. Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu.
Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o.
Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi. Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo.
Firmes na resistência
Resistir ao diabo é um ato de fé ativa. A Bíblia nos garante que quando resistimos, ele foge, e que maior é o que está em nós do que o que está no mundo.
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.
Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.
Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, "Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o."
Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye ɣedzeƒetɔwo
ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu,
elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ
si le sisim kple ŋusẽ,
eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae
ɖe du nu la ene.