Pular para o conteúdo
Publicidade

Ressurreição

Por Bíblia Online

A ressurreição é o pilar da fé cristã. Se Cristo não ressuscitou, é vã a nossa fé. Mas Ele venceu a morte, e essa é a garantia da nossa própria ressurreição.

Cristo ressuscitou

O túmulo está vazio! Os anjos declararam: 'Ele não está aqui; ressuscitou!' A ressurreição de Cristo é o fato mais transformador da história.

Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, "Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele, gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa.

Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, "Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.

Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be: Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ "

Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã. (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)

Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene. Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene.

Ressurreição e vida eterna

Jesus disse: 'Eu sou a ressurreição e a vida.' Quem crê nele viverá, mesmo que morra. A morte foi derrotada na cruz e no túmulo vazio.

Yesu gblɔ be, "Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku la, aganɔ agbe; eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?"

Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ.

Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu.

Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe katã ta la, ele be míawo míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.

Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi me. Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu ̃ azɔ o.

Nossa esperança futura

A ressurreição de Cristo garante nossa esperança viva. O Deus de paz trouxe dos mortos o grande Pastor das ovelhas para nossa salvação.

Woakafu Mawu le mɔkpɔkpɔ gbagbe ta

Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta wòna gbugbɔdzi ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me, to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me.

Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,

Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la gɔme.

Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka (1,000).

Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu. Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsiẽƒe ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.

Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ "

hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo.

Egblɔ na wo be, "Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam. Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ."

Seja o primeiro