Pular para o conteúdo
Publicidade

Santa ceia

Por Bíblia Online

A Santa Ceia é uma das ordenanças mais sagradas da igreja cristã. Instituída por Jesus na última noite antes da crucificação, ela celebra seu sacrifício e proclama sua morte até que Ele volte.

A instituição por Jesus

Na noite em que foi traído, Jesus tomou o pão e o cálice, deu graças e os compartilhou com os discípulos, dizendo: 'Fazei isto em memória de mim.'

Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖoɖo anyi

Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, "Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã."

Emegbe la, etsɔ wainkplu la ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Mi katã mixɔe no, esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu ̃ tsɔtsɔke to eme."

Yesu ƒe fiẽnuɖuɖu mamlɛ la

Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, "Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã."

Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu.

Egblɔ na wo be, "Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me."

Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, "Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye."

Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, "Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.

O significado espiritual

A Ceia é participação no corpo e no sangue de Cristo. Jesus ensinou que quem come de sua carne e bebe de seu sangue tem a vida eterna.

Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta."

Yesu gblɔ na wo be, "Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o. Ame si ɖu nye ŋutilã, eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã. Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la nye ame si le menye, eye nye mele eme. Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo. Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me."

eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, "Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye." Nenema ke esime woɖu nua la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, "Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye." Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.

Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu.

Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.

A prática da Igreja

Desde os primeiros cristãos, a Ceia do Senhor é parte fundamental da vida comunitária da Igreja, celebrada com reverência e exame de consciência.

Yerusalem hame la

Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa.

Paulo Eutiko tso ku me le Troa

Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke.

Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo.

Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu. Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o.

Seja o primeiro