O Senhor é o meu pastor
O Salmo 23 é a expressão máxima da confiança em Deus como Pastor. Jesus se declarou o Bom Pastor que conhece suas ovelhas, cuida delas e dá a própria vida por elas.
O Senhor é o meu Pastor
Davi declarou com confiança que o Senhor é seu pastor e nada lhe faltará. Ele nos guia, nos restaura e nos conduz em caminhos de justiça.
Yehowae nye kplɔnyela,
eya ta naneke mahiãm o.
Yehowae nye kplɔnyela,
eya ta naneke mahiãm o.
Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,
eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,
hena nye luʋɔ gbɔ agbe.
Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe
mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.
Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu;
nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.
O Bom Pastor
Jesus é o Bom Pastor que conhece suas ovelhas pelo nome. Ele dá a vida por elas, as protege e nenhuma pode ser arrebatada de sua mão.
"Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta.
"Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam, abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.
Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe.
Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.
Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.
O cuidado pastoral de Deus
Como pastor terno e forte, Deus carrega os cordeiros nos braços e guia com cuidado as ovelhas que amamentam.
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ,
eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia.
Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti,
eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.
Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene;
alé alẽviawo ɖe abɔdome,
alé wo ɖe eƒe akɔnu,
eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.