Sexo
A Bíblia trata a sexualidade como um presente de Deus para o contexto do casamento. As Escrituras celebram a intimidade conjugal e orientam sobre pureza e santidade sexual.
A sexualidade no plano de Deus
Desde a criação, Deus projetou a intimidade sexual como expressão de amor entre marido e mulher, abençoando a união conjugal.
Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.
Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;
ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
Mawu yra wo gblɔ na wo be, "Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo."
Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
Eɖo eŋu na wo be, "Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã? Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o."
Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ
ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la,
eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi,
eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa.
A santidade na intimidade
O leito conjugal é honroso. A Bíblia celebra a alegria da intimidade dentro do casamento e orienta o casal ao amor e respeito mútuo.
Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.
Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.
Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.
Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o! Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, "Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka." Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.
Pureza sexual
Deus nos chama à santificação e à fuga da imoralidade. O corpo do cristão é templo do Espírito Santo e deve ser tratado com honra.
Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.
Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o.
Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o.
gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.
Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.
Mègawɔ ahasi o.
" ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
" ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.
" ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.
" ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ.
" ‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o.
" ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò.
" ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò.
" ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o.
" ‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o.
" ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae.
" ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe.
" ‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa.
" ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o,
" ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o.
" ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
" ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ.
" ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ.
Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene.
Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.
Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.