Sobre ter filhos
Filhos são uma dádiva do Senhor, uma herança que Deus confia aos pais. A Bíblia celebra a maternidade e a paternidade como vocações sagradas e fontes de bênção.
Filhos: herança do Senhor
A Escritura declara que os filhos são bênção de Deus. Cada criança é um presente precioso confiado aos pais para ser cuidado com amor.
Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.
Ŋu makpe wo o,
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.
Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me;
viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me,
hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene.
Mikafu Yehowa.
Mawu yra wo gblɔ na wo be, "Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo."
Instruir nos caminhos de Deus
A Bíblia orienta os pais a instruir seus filhos nos caminhos do Senhor desde cedo, com dedicação, disciplina e exemplo.
He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la,
mate ɖa le edzi o.
eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu!
Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o.
Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa
eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ.
Cada vida é preciosa
Deus conhece e forma cada criança no ventre. Antes de nascer, Ele já nos separou e preparou um propósito para cada vida.
"Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò;
hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi
eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo."
Elabena wòe wɔ nye ememe ke;
eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.
Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.
Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu,
menya esia nyuie.
Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o,
esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe.
Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me
le anyigba ƒe gogloƒe la,
Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo
kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be
nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.
Gake Yesu gblɔ be, "Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la."