Viúvas
A Bíblia revela um cuidado especial de Deus pelas viúvas. Ao longo das Escrituras, encontramos mandamentos claros de proteção, justiça e compaixão, refletindo o caráter amoroso do Senhor.
A proteção divina
Deus se apresenta como defensor das viúvas, garantindo que não fiquem desamparadas. Ele acolhe os que sofrem e sustenta os que perderam seu amparo terreno.
Midzi ha na Mawu,
midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ,
mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi,
eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;
eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo,
ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.
Yehowa kpɔa amedzrowo ta,
eye wònye tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo hã ta kpɔla.
Ke etɔtɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo.
elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be
woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o.
Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye
eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.
Justiça e compaixão
A Palavra ordena que seu povo pratique a justiça, protegendo os mais frágeis e defendendo a causa dos necessitados.
Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta."
"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo. Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
"Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o. Ne mieba wo le mɔ aɖe nu, eye wodo ɣli bia nye kpekpeɖeŋu la, makpe ɖe wo ŋu godoo. Ekema mado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye mana futɔwo ƒe aʋakɔwo nawu mi ale be mia srɔ̃wo nazu ahosiwo, eye mia viwo nazu tsyɔ̃eviwo.
ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ!
Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na
ame siwo wote ɖe anyi.
Miʋli tsyɔ̃eviwo ta,
eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.
O chamado da Igreja
No Novo Testamento, o cuidado com as viúvas é expressão genuína da fé cristã. Tiago declara que a religião pura inclui visitar os necessitados.
Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.
Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii.