23 Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi, 24 eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, "Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye." 25 Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, "Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye." 26 Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
Publicidade