Pular para o conteúdo
Publicidade

Korintotɔwo 1 8

Nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la ɖuɖu

1 Miaƒe biabia bubu ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe be nunyalawoe katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo ɖo. 2 Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o. 3 Ame si ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu nyana.

4 Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? katã míenya kɔtɛe be, "Mawu gbagbe ɖeka koe li" eye "Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o." 5 Ke ne Mawu bubuwo li, le dziƒo alo anyigba (abe ale si "mawu" geɖewo kple "aƒetɔ" geɖewo li ene la), 6 ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.

7 Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua wo. 8 Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o.

9 Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o. 10 Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃me le nu ɖum la, ana be eya nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me. 11 Ale ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia aɖe na ame bubu si ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me. 12 Enye nu ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu. 13 Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também