Pular para o conteúdo
Publicidade

Korintotɔwo 1 12:1-7

Gbɔgbɔ la ƒe nunana tɔxɛwo

1 Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o. 2 Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe. 3 Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, "Yesu ƒe fiƒode neva dziwò" o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, "Yesu nye Aƒetɔ" o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.

4 Azɔ la, nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo li gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe. 5 Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele. 6 Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi. 7 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.