Lɔlɔ̃ ƒo nuwo katã ta le xexea me
1 Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo nui, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene. 2 Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o. 3 Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.
4 Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o. 5 Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o. 6 Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. 7 Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi.