Pular para o conteúdo
Publicidade

Korintotɔwo 1 2:11-13

11 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. 12 Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. 13 Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.