Pular para o conteúdo
Publicidade

Korintotɔwo 1 6:12,13

Ahasigbenɔnɔ

12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, "Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa" ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o. 13 Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, "Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu" gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.