21 Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o. 22 Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ. 23 Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o. 24 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume.
Publicidade