10 Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me. 11 Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me. 12 Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu. 13 Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o.
Publicidade