11 Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe,
dziɖuɖu kple gãnyenye.
Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi,
míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te.
12 Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona;
wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula.
Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le
eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame.
14 "Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò! 15 Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna.