Pular para o conteúdo
Publicidade

Kronika 1 3

David ƒe viŋutsuwo

1 Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi le Hebron:

Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel.

David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.

2 Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi .

Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.

3 Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital

Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.

4 Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã.

Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. 5 Esi David Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye:

Simea, Sobab, Natan kple Solomo.

6 Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet, 7 Noga, Nefeg, Yafia, 8 Elisama, Eliada kple Elifelet.

9 Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe David si; eŋkɔe nye Tamar.

Yuda fiawo

10 Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam,

Abiya,

Asa,

Yehosafat,

11 Yoram alo Yehoram,

Ahazia,

Yoas,

12 Amazia,

Azaria alo Uzia,

Yotam,

13 Ahaz,

Hezekia,

Manase,

14 Amon kple Yosia.

15 Yosia ƒe viwoe nye,

Yohanan alo Yehoahaz,

Yehoyakim,

Zedekia kple

Salum.

16 Ame siwo ɖu fia ɖe

Yehoyakim yome la woe nye,

Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia.

Fiawo ƒe dzidzimeviwo le aboyomenɔnɔ megbe

17 Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye,

Via ŋutsu Sealtiel, 18 Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia.

19 Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye,

Zerubabel kple Simei.

Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye,

Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit 20 Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed.

21 Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye,

Pelatia kple Yesaya kple Refaya, Arnan, Obadia kple Sekania ƒe viŋutsuwo.

22 Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye,

Semaya kple via ŋutsuwo: Hatus, Igal, Baria, Nearia kple Safat; wole ame ade.

23 Viŋutsu etɔ̃ Nearia si; woawoe nye,

Elioenai, Hezekia kple Azrikam.

24 Vi adre Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também