Mizɔ le kekeli la me
5 Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, "Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o." 6 Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o. 7 Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.