Publicidade

1 João 1

Agbenya la

1 Nu si li tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese, eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtɛe kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be eyae nye Agbenya la. 2 Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ, eye wòdze na la na mi. 3 Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la na mi be miawo miado ƒome kpli , eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo. 4 Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.

Mizɔ le kekeli la me

5 Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, "Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o." 6 Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o. 7 Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.

8 Ne míegblɔ be nu ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem, eye nyateƒea mele mía me o. 9 Gake ne míeʋu míaƒe nu ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu ̃wo ake , eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti. 10 Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu ̃ o la, ekema míedo eya amea alakpatɔe, eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-