Publicidade

1 João 2

1 Vinye lɔlɔ̃awo, mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu ̃ o. Gake ne ame aɖe nu ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la li na , eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ. 2 Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu ̃wo ta.

Xɔse ƒe dodokpɔwo

3 Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã. 4 Ame si agblɔ be "Menyae," gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ, eye nyateƒe mele eme o. 5 Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me: 6 ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu agbee ene.

7 ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo. 8 Ke la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo. 9 Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko. 10 Ame si ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o. 11 Gake ne ame aɖe fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo .

12 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,

Elabena wotsɔ miaƒe nu ̃wo ke mi

Le eƒe ŋkɔ la ta.

13 Meŋlɔe na mi, fofowo,

Elabena mienya eya ame si anyi tso gɔmedzedzea me ke.

Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,

Elabena mieɖu ̃ɖitɔ la dzi.

14 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,

Elabena mienya Fofo la.

Meŋlɔe na mi, fofowo,

Elabena mienya eya ame si anyi tso gɔmedzedzea me ke.

Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,

Elabena miesẽ ŋu,

Mawu ƒe nya la le mia me,

Eye mieɖu ̃ɖitɔ la dzi.

Migalɔ̃ xexea me o

15 Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o. 16 Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi. 17 Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le Kristo ƒe futɔ la ŋuti

18 Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo. 19 Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.

20 Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe ami sisi le mia dzi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la. 21 Nyemeŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe mi ɖe esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o. 22 Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Kristo o lae. Ame siae nye Yesu ƒe futɔ si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ. 23 Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la o; ke ame si Vi la la, eya amea Fofo la .

24 Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la, ekema miayi edzi anɔ Vi la kple Fofo la me. 25 Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na lae nye agbe mavɔ la.

26 Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu. 27 Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.

28 Azɔ la, vinye lɔlɔ̃awo, minɔ agbe le eya amea me, elabena kakaɖedzi anɔ mía si, eye ŋu makpe le eŋkume le eƒe vavaŋkekea dzi o. 29 Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la, ekema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-