Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene
1 Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o. 2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.