16 Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo. 17 Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu, eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ, eye mekpɔ nublanui nɛ o la, aleke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme? 18 Vinye lɔlɔ̃awo, migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya, alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ le nuwɔnawo kple nyateƒe me.