22 Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke. 23 Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. 24 Elabena,
"Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,
eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene,
gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,
25 ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me."
Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.