Pular para o conteúdo
Publicidade

Petro 1 3

Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo

1 Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe, 2 ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me. 3 Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o, 4 ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ. 5 Elabena aleae nyɔnu kɔkɔe, siwo anyi le blema, esiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi la wɔa leke na wo ɖokuiwoe. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo 6 abe ale si Sara bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔe be aƒetɔ la ene. Mienye via nyɔnuwo ne miewɔ nu dzɔdzɔe, eye mieɖe na vɔvɔ̃ o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também