Na ame tsitsiwo kple ɖekakpuiwo
1 Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ƒe ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe afia la me la le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be 2 mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui, 3 be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la.