2 mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui, 3 be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la. 4 Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.
5 Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,
"Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu."