Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Pedro 5

5 Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,

"Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,

ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu."

6 Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. 7 Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.

Veja também