Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Samuel 4

2 Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene. 3 Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, "Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe tso míaƒe futɔwo si me kokoko."

4 Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka , Yehowa anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi.

5 Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe! 6 Filistitɔwo bia be, "Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?"

Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la, 7 dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, "Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o! 8 Ame kae ate ŋu aɖe tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple ̃wo esime Israel gbedzi. 9 Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene."

10 Ale Filistitɔwo aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me. 11 Filistitɔwo Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe.

Veja também