Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Samuel 5

6 Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe ̃ te wo. 7 Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, "Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi." 8 Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, "Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?"

Woɖo eŋu be, "Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat." Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.

9 Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe. 10 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron.

Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, "Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu kple míaƒe amewo." 11 Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.

Veja também