Wotrɔ nubablaɖaka la na Israelviwo
1 Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre. 2 Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, "Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?"
3 Woɖo eŋu be, "Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?"