7 Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me. 8 Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.