15 Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o. 16 Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. 17 Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe, 18 eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.
Publicidade