3 Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, 4 ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ. 5 Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe. 6 Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena. 7 Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.