Pular para o conteúdo
Publicidade

2 Coríntios 11

24 Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ. 25 Romatɔwo ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi ̃ la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me ɖeka kple ŋkeke ɖeka. 26 Mezɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o do ŋɔdzi na nye agbe. 27 Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe menɔa asinye o, eye le me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o.

Veja também