Tsɔtsɔke na nu vɔ̃ wɔlawo
5 Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe edzi fũu o. 6 Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe ame ma dzi la sɔ gbɔ nɛ. 7 Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ. 8 Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene.