Publicidade

2 Coríntios 5

Kristo ƒe ame dɔdɔwo

11 Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã, eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya be míele sia wɔm kple dzimekɔkɔ, eye mexɔe se be miawo mienyae le miaƒe dzi me nenema tututu. 12 Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi. 13 Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi. 14 Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe katã ta la, ele be míawo míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. 15 Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.

16 Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o. 17 Eya ta ne ame aɖe Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye. 18 Nu siawo katã tso Mawu, ame si etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ nyui sia de asi na be míakplɔ ame bubuwo va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye. 19 Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na be míagblɔ na amewo katã. 20 Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. 21 Elabena Kristo mewɔ nu ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na katã.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-