Pular para o conteúdo
Publicidade

Korintotɔwo 2 5

18 Nu siawo katã tso Mawu, ame si etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ nyui sia de asi na be míakplɔ ame bubuwo va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye. 19 Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na be míagblɔ na amewo katã. 20 Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii.

Veja também