4 Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene. 5 Woƒo mí, eye wode mí gaxɔ me. Ame siwo lɔ veve helĩhelĩ ɖe dzi me la tso ɖe mía ŋu kpɔ. Míewɔ dɔ sesĩe, eye ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e, eye dɔ wua mí. 6 Le nu sia nu me la, míenɔa anyi le dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi, eye míenyoa dɔ me na ame sia ame. Ale si míedze si Aƒetɔ la ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o. 7 Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.
8 Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.
9 Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o. 10 Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ, eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míele abe ame siwo nye ame dahewo ene, gake míena ame geɖewo zu kesinɔtɔwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene, gake nu sia nu le mía si.