Publicidade

2 Coríntios 7

Paulo ƒe dzidzɔ

1 Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe siawo na ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.

2 Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la, míekplɔ ame aɖeke to mɔtatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o, eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ ɖe wo me. 3 Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi, eye maku kpli mi. 4 Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ, eye medana ɖe mia dzi ŋutɔ, eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.

Nuxaxa si hea dzimetɔtrɔ

5 Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒo xlã . Amewo do dzre na to ɖe sia ɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi mía me fũu ŋutɔ. 6 Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo esi Tito va ɖo mía gbɔ. 7 Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ.

8 Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me la, menya be miawo miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 9 Azɔ la, mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe be meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele dzidzɔ kpɔm be miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ, eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu ̃ wɔwɔ, eya ta menye míawoe na miexa nu o. 10 Elabena ɣe aɖewo ɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu ̃wo eye míadzudzɔ nu ̃ɖi wɔwɔ, eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe xa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta, gake metrɔ dzi me o la, ahe ku . 11 Miawo ŋutɔ mikpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia si miexa ɖe Mawu ƒe didi nu la he vevidodo geɖe na mi. Ena mieku kutri, eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi ̃ be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo nu gbegblẽ sia vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wowɔ la dzi o. 12 Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume.

13 Hekpe ɖe dzideƒo si miena to lɔlɔ̃ si mieɖe fia la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ be eƒe dzi dze eme la ta. 14 Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe , eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti , eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ tso mia ŋuti la . Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke megblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito . 15 Azɔ ne Tito ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi. 16 Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo mía dome azɔ la, ena be nye mekpɔ dzidzɔ blibo, eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu sia nu me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-