6 Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi. 7 Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la. 8 Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti dɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo atsɔ afia dɔ nyui wɔwɔ. 9 Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be:
"Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi didiƒewo ke,
eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe."
10 Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã. 11 Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
12 Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu.