11 Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, 12 esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. 13 Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.