Elisa na tsi manyomanyo trɔ zu tsi nyui
19 Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, "Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo."
20 Elisa gblɔ na wo be, "Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam." Wowɔ nenema. 21 Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, "Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ "
22 Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene.