Ahosi la ƒe ami
1 Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, "Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo."
2 Elisa biae be, "Nu ka mawɔ akpe ɖe ŋutiwò? Nuɖuɖu ƒe agbɔsɔsɔ kae le asiwò le wò aƒe me?"
Nyɔnu la ɖo eŋu be, "Nuɖuɖu aɖeke mele asinye wu ami atukpa ɖeka o."
3 Elisa gblɔ na nyɔnu la be, "Enyo, yi nàɣe ze kple gagba aɖewo tso xɔ̃wòwo kple wò aƒelikawo gbɔ. 4 Mi kple viwòwo miyi miaƒe xɔ me, eye miatu ʋɔa. Esia megbe la, trɔ ami si le wò atukpa la me la ɖe zeawo kple gagbaawo me. Tsɔ ɖe sia ɖe si yɔ la da ɖe axadzi!"
5 Nyɔnu la wɔ nu si nyagblɔɖila la ɖo nɛ. Via ŋutsuwo tsɔ ze kple gagbawo siwo woɣe la vɛ nɛ eye wòtrɔ ami la ɖe wo me. 6 Sẽe ko la, zeawo kple gagbaawo katã yɔ banabana! Nyɔnu la gblɔ na via ŋutsuawo be, "Migatsɔ ze bubu vɛ."
Woɖo eŋu nɛ be, "Ze aɖeke megali o!" Ale ami la dzudzɔ dodo le atukpa la me.
7 Nyɔnu la yi ɖagblɔ nya la na Mawu ƒe Ame la eye wòɖo eŋu nɛ be, "Yi nàdzra ami la eye nàxe fe siwo nènyi. Ga si atsi anyi la, agasusɔ na wò kple viwòwo dzi kpɔkpɔ!"