32 Esi Elisa ɖo aƒea me la, ɖevi kuku lae nye ekem wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi. 33 Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. 34 Esia megbe la, ede abati la dzi mlɔ ɖevi kuku la dzi, tsɔ eƒe nu ɖo ɖevi la ƒe nu dzi, eƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo dzi eye wòdrã ɖe ɖevi la dzi, kasia ɖevi la ƒe lãme de asi dzoxɔxɔ me! 35 Elisa fɔ tso abati la dzi eye wòɖi tsa sẽe le xɔa me. Egatrɔ de abati la dzi eye wògadrã ɖe ɖevi la dzi. Azɔ la, ɖevi la nye zi adre eye wòʋu eƒe ŋkuwo!