Pular para o conteúdo
Publicidade

Samuel 2 14

Absalom trɔ yi Yerusalem

1 Esi Aʋafia Yoab kpɔ be David di vevie be yeagakpɔ Absalom la, 2 eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ be, "abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene. 3 Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na be nàgblɔ la ."

4 Esi nyɔnu la ɖo fia la gbɔ la, emlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi le fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, "Oo, fia, nyo nam!"

5 Fia la biae be, "Nu kae le fu ɖem na ."

Eɖo eŋu be, "Ahosie menye, srɔ̃nye ku. 6 Viŋutsu eve nye, dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia. 7 Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi."

8 Fia la gblɔ be, "Gblẽ nya sia ɖe nye asi me; makpɔ egbɔ be ame aɖeke maka asi viwò ŋutsu la ŋu o."

9 Tekoa nyɔnu la gblɔ be, "Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na ; ne woaxa be nèkpe ɖe ŋunye alea la, maxɔ nya la ɖe ɖokuinye dzi."

10 Fia la yi edzi be, "Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe nam. Meka ɖe edzi na be magagblɔ nya aɖeke o!"

11 Nyɔnu la gblɔ na David be, "Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, Mawu, ka atam nam be, yemaɖe ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o."

David ɖo eŋu be, "Metsɔ Yehowa ka atam na bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka ̃ o!"

12 Nyɔnu la yi edzi be "Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka , nye aƒetɔ fia la!"

David gblɔ be, "Bia faa!"

13 Nyɔnu la gblɔ be, "Ekema nu ka ta nèɖo nu sia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti? Elabena le nyametsotso si nèna nu la, fia la bu eɖokui le esime megbugbɔ via si wònya de gbe la va aƒee o. 14 katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra kple agbe didi wu, ne àto aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.

15 "Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. subɔla bu be, Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia. 16 Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na o la si me.

17 "Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa . Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso ̃ gbɔ. Yehowa, Mawu, nanɔ kpli ."

18 Fia la gblɔ be, "Medi be manya nu ɖeka."

Nyɔnu la biae be, "Nye aƒetɔ, nu kae?"

19 Fia la yi edzi be, "Yoab ye nye ame si ɖe afi sia?"

Nyɔnu la ɖo eŋu be, "Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na la nam. 20 Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo ŋkume to bubu dzi. Ke nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!"

21 Ale David Yoab eye wògblɔ be, "Enyo, yi nàkplɔ Absalom ."

22 Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, "Nye aƒetɔ fia, egbe nye dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia la dzi!"

23 Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem.

24 Fia David de se be, "Absalom ate ŋu ayi eya ŋutɔ ƒe nɔƒe le fiasã sia me gake mekpɔ ado ɖe nye ŋkume le afi sia gbeɖe o. Nyemedi be makpɔe kura o!"

25 Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke nenema abe eya ene o. 26 Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta akpa. 27 Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka, Tamar, ame si dze tugbe ŋutɔ la Absalom si.

28 Absalom Yerusalem ƒe eve eye mekpɔ fia la o. 29 Eɖo du ɖe Yoab be wòava aɖe kuku na ye fofo na ye gake Yoab gbe meyi o. Absalom gaɖo du ɖee zi evelia eye wògagbe yiyi.

30 Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, "Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa" eye woyi ɖatɔ dzoe.

31 Yoab yi Absalom gbɔ eye wòbiae be, "Nu ka ta subɔlawo dzo nye lugble ɖo?"

32 Absalom ɖo eŋu be, "Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum."

33 Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi .

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também