Publicidade

3 João 1

1 Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso,

Na ̃nye lɔlɔ̃Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.

2 ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na nyuie abe ale si luʋɔ ̃ le dedie ene. 3 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu. 4 Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.

Beléle na Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo

5 ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na . 6 Woɖi ɖase na hamea katã tso lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo wo le nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu, 7 elabena ŋkɔ la tae wodze hele tsatsam, eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso trɔ̃subɔlawo gbɔ o ɖo. 8 Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be katã míawɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ.

9 Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo si tsɔ eɖokui ŋgɔgbenɔlae la meɖo to nye nyawo o. 10 Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.

11 ̃nye lɔlɔ̃, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu ̃ la menya Mawu o. 12 Ame sia ame ƒoa nu nyui le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ gblɔa eƒe nya nyui. Míawo míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.

Taƒonyawo

13 Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na , gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. 14 Mele kpɔm be míado go kpuie, eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume.

15 Ŋutifafa nanɔ anyi kpli .

Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na ɖekaɖeka.

Veja também

Publicidade
3 João
Ver todos os capítulos de 3 João
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-