Publicidade

Apocalipse 12

Nyɔnu la kple ʋɔ driba la

1 Dzesi wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe afɔ te, eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do. 2 Fu eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi. 3 Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo la va do. 4 Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la tsitre ɖe nyɔnu si ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la. 5 Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava aɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe. 6 Emegbe la, nyɔnu la si yi gbedzi le teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi , afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).

7 Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo aʋa kpli wo. 8 Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o, ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo. 9 Wotsɔ ʋɔ driba la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.

10 Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be,

"Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe,

ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo,

elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola,

ame si nɔa wo nu tsom kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.

11 Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me.

Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,

12 eya ta dzi nedzɔ mi,

mi dziƒowo kple mi ame siwo wo me la!

Ke baba na anyigba kple atsiaƒu,

elabena Abosam ɖi va mia gbɔ!

Dzi le ekum vevie,

elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie."

13 Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome. 14 Wotsɔ ̃ aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o la. 15 Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nu me, esi ɖuɖu abe tɔsisi ene, ne wòaɖɔ alé nyɔnu la, eye tɔsisi la nakplɔe adzoe. 16 Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nu me la. 17 Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo, eye wolé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi sesĩe la.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-