Pular para o conteúdo
Publicidade

Nyaɖeɖefia 8

Nutrenu adrelia kple sikadzoɖesonu la

1 Esi wòʋu nutrenu adrelia la, ɖoɖoe aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene, 2 eye mekpɔ mawudɔla adre siwo tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo. 3 Mawudɔla bubu si sikadzoɖesonu ɖe asi la va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. 4 Dzudzɔʋeʋĩdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asi me. 5 Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.

Kpẽ adreawo kuku

6 Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la klalo na wo kuku.

7 Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã fiae.

8 Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu. 9 Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka tsrɔ̃.

10 Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi aɖe si le bibim abe akakati aɖe ene la ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple vudowo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka dzi. 11 Ɣletivi sia ŋkɔe nye "Veve." Ale tsiwo katã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.

12 Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o.

13 Esi mele nu siawo kpɔm la, mese ̃ aɖe si dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe aɖe be, "Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!"

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também