Publicidade

Apocalipse 19

Dziƒonɔlawo dzi haleluya

1 Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be,

"Haleluya!

Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la ,

2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.

Ebu gbolo la,

ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me.

Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta."

3 Wogado ɣli ake be,

"Haleluya!

Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me."

4 Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, ame si anyi ɖe fiazikpui dzi la. Wodo ɣli be,

"Amen, Haleluya!"

5 Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be,

"Mikafu míaƒe Mawu la,

mi eƒe dɔlawo katã,

mi ame siwo ̃,

ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!"

6 Tete mese nu si ɖi abe ameha aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be,

"Haleluya!

Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.

7 Mina míakpɔ dzidzɔ,

atso aseye, eye míatsɔ ŋutikɔkɔe !

Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la

ɖo, eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo.

8 Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam,

eye eŋuti la be wòado."

(Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe siwo ame kɔkɔeawo la ƒe dzesi.)

9 Tete mawudɔla la gblɔ nam be, "Ŋlɔ agbalẽ be, Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe la!’ " Egblɔ kpe ɖe eŋu be, "Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo." 10 Esi wògblɔ esiawo la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu be masubɔe, gake egblɔ nam be, "Mègawɔe o! Nye menye dɔla abe ke ene, kpe ɖe nɔviwò siwo Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi la ŋuti; subɔ Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ."

ɣi dola la

11 Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. 12 Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. 13 Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya. 14 Dziƒoʋakɔwo eyome. Wonɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti . 15 Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ. 16 Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be,

Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.

17 Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame la be, "Miva ƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo la, 18 ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe , ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa."

19 Tete mekpɔ wɔadã la kple anyigbadzifiawo kple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu hena aʋawɔwɔ kple ame si le ɣi la dzi la kple eƒe aʋakɔ. 20 Ke wolé wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. 21 Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me la, eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe , eye woɖi ƒo.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-